Acts 22

Paulo gblɔ eƒe dzimetɔtrɔŋutinya

1“Fofonyewo kple nɔvinyewo, to kukuɖeɖe me miɖo tom ne maɖe ɖokuinye nu ne miase.” 2Esi ameawo se be enɔ Hebrigbe gblɔm la, wogazi ɖoɖoe ɖe edzi wu tsã. 3Paulo yi edzi be, “Yuda vidzidzi ŋutɔŋutɔe menye tso Tarso le Kililkia nutome. Ke Yerusalem afi siae mede suku le, eye nye nufialae nye Gamaliel, ame si hem be mawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo dzi pɛpɛpɛ abe ale si dze ene. Enye nye didi vevi ɣemaɣi be made bubu Mawu ŋu le nu sia nu si mawɔ la me abe ale si miawo hã miele ewɔm fifia ene. 4Meti kristotɔwo yome. Mewɔ funyafunya wo, wu wo, lé ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa de gaxɔ me. 5Yudatɔwo ƒe Osɔfogã alo Dumemegã ɖe sia ɖe ate ŋu aɖi ɖase na mi le nya siawo ŋu, elabe mexɔ agbalẽ tɔxɛ tso wo gbɔ le Yerusalem si na ŋusẽm be mayi Yudatɔwo ƒe amegãwo gbɔ le Damasko eye woakpe ɖe ŋunye be malé Kristotɔ siwo katã le dua me la, akplɔ wo va Yerusalem be woahe to na wo.”

6“Ke esime wòsusɔ vie maɖo Damasko dua me, le ŋdɔ ga wuieve me lɔƒo la, keklẽ gã aɖe tso dziƒo klẽ ƒo xlãm. 7Ale medze anyi. Enumake mese ame aɖe ƒe gbe be, ‘Saul, Saul, nu ka tae nèle yonyeme tim ale mahã?’

8“Mebia be, ‘Meɖe kuku, wò ame kae le nu ƒom nam?’ Gbea ɖo eŋu be, ‘Nyee nye Yesu, Nazaretitɔ, ame si yome tim nèle.’ 9Ame siwo nɔ ŋunye la se nuƒoa pɛpɛpɛ gake womese nu si wògblɔ la gɔmee o.

10“Meyi edzi gabiae be, ‘Aƒetɔ nu ka mawɔ?’

“Aƒetɔ la gblɔ nam be, ‘Tso nàyi Damasko dua me eye ame aɖe agblɔ nu siwo wɔ ge nèle le ƒe siwo gbɔna me la na wo.’

11“Ke esi metso le anyigba la mede dzesii be nyemegate ŋu nɔ nu kpɔm o le kekeli gã ma ta; eya ta ame siwo le ŋunye la, lém ɖɔɖɔɖɔ hekplɔm yi Damasko. 12Le afi ma la, ŋutsu aɖe si ƒe ŋkɔe nye Anania la va gbɔnye. Anania nye Yudatɔ, ame si mefena kple Yudatɔwo ƒe sewo o, ale Yudatɔ siwo katã le Damasko la tsɔ bubu tɔxɛ nɛ. 13Ame sia va tsi tre ɖe gbɔnye eye wògblɔ nam be, ‘Nɔvinye Saul, ʋu ŋku nàkpɔ nu!’ Enumake nye ŋkuwo ʋu eye megakpɔ nu.

14“Anania yi edzi gblɔ nam be, ‘Mía tɔgbuiwo ƒe Mawu la tia wò be nànya nu si nye eƒe lɔlɔ̃nu, ase eƒe gbe eye nàkpɔ Dzɔdzɔetɔ la, ase eƒe nuƒo hã. 15Hekpe ɖe esia ŋu la ele be nàtsɔ eƒe nyanyui la ayi xexeame ƒe afi sia afi eye nàgblɔ nu siwo nèkpɔ kple nu siwo nèse la hã fia amewo. 16Azɔ ɣeyiɣigbegblẽ aɖeke megali o. Ɖe ko woade mawutsi ta na wò, aklɔ wò nu vɔ̃wo ɖa le Aƒetɔ la ƒe ŋkɔ me.’

17“Metrɔ va Yerusalem eye gbe ɖeka esi menɔ gbe dom ɖa le gbedoxɔ la me la, mekpɔ ŋutega aɖe 18eye Mawu gblɔ nam be, ‘Wɔ kaba nàdzo le Yerusalem elabena ne ègblɔ nye nya na amewo la womaxɔe se o.’

19“Ke meɖo eŋu be, ‘O, Aƒetɔ, ame siawo nya nyuie be ame siwo katã xɔ wò ŋkɔ dzi se la, meléa wo tso ƒuƒoƒe yi ƒuƒoƒe, ƒoa wo eye medea wo gaxɔ me. 20Gawu la esime wonɔ wò dɔla Stefano wum la, nye ŋutɔ meda asi ɖe edzi. Menɔ afi ma eye mexɔ ame siwo nɔ ewum la ƒe awuwo lé ɖe asi na wo esime wonɔ kpe ƒumii.’

21“Gake Mawu gblɔ nam be madzo le dua me godoo elabena yeaɖom ɖe kekeke Trɔ̃subɔlawo gbɔ be magblɔ nya na wo.”

Paulo, Romatɔ la

22Esi wògblɔ nya sia ko la, ameha la ganyra kple ɣli bobobo be, “Mikplɔ ame ma ƒomevi dzoe! Miyi ɖawui! Medze be wòanɔ agbe o!” 23Ale woda woƒe awuwo ɖe ya me eye wolɔ ke hlẽ ɖe yame dzikutɔe.

24Ale asrafowo ƒe amegã ɖe gbe be woakplɔ Paulo yi xɔa mee, aƒoe kple atam va se ɖe esime wòato nyateƒe be, yenya nu si tututu ta ameha la do dziku ɖe ye ŋu nenema ɖo.

25Esime wonɔ Paulo blam be yewoaƒoe la, ebia asrafoawo ƒe nunɔla aɖe si nɔ tsitre ɖe egbɔ be, “Ele se nu be miaƒo Romatɔ le esime womedrɔ̃ ʋɔnui oa?”

26Asrafo sia yi eƒe amegã gbɔ enumake ɖagblɔ nɛ be, “Amegã, nu kae nye esia nèbe yeawɔ? Mènya be ame sia la Romatɔ wònye hafi nèbe woaƒoe oa?”

27Asrafowo ƒe amegã la ɖe abla va Paulo gbɔ hebiae be, “Ŋutsu, Romatɔe nènye vavã?”

Paulo ɖo eŋu be, “Ẽ, Romatɔe menye.”

28Asrafowo ƒe amegã la hã gagblɔ nɛ be, “Nye hã Romatɔe menye gake ga home gbogbo aɖee mena hafi te ŋu zui.”

Ke Paulo gblɔ nɛ be, “Nye ya Roma vidzidzie menye.”

29Nya sia na be vɔvɔ̃ ɖo asrafowo ƒe amegã la le esi wòɖe gbe be woaƒo Paulo ta. Asrafo siwo nɔ dzadzram ɖo ɖe eƒoƒo ŋu la katã bu le afi ma enumake esi wose be Romatɔe wònye.

Paulo le Sanhedrin la ŋkume

30Le ŋkeke evea gbe la, asrafowo ƒe amegã la ɖe Paulo le gaxɔ me eye wòyɔ Osɔfogãwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo ƒo fui. Azɔ ekplɔ Paulo va wo ŋkume be yease nu si tututue le tɔtɔ sia hem vɛ la gɔme.

Copyright information for EweBEE